0% found this document useful (0 votes)
21 views3 pages

Sunday Message 02022025

The document discusses the teachings of the Apostle James regarding the nature of God and the importance of living a righteous life. It emphasizes that true faith is demonstrated through actions and warns against hypocrisy and falsehood. Additionally, it highlights the significance of divine gifts and the need for believers to embody the virtues of faith, love, and obedience to God's word.

Uploaded by

agbegniganv
Copyright
© © All Rights Reserved
We take content rights seriously. If you suspect this is your content, claim it here.
Available Formats
Download as PDF, TXT or read online on Scribd
0% found this document useful (0 votes)
21 views3 pages

Sunday Message 02022025

The document discusses the teachings of the Apostle James regarding the nature of God and the importance of living a righteous life. It emphasizes that true faith is demonstrated through actions and warns against hypocrisy and falsehood. Additionally, it highlights the significance of divine gifts and the need for believers to embody the virtues of faith, love, and obedience to God's word.

Uploaded by

agbegniganv
Copyright
© © All Rights Reserved
We take content rights seriously. If you suspect this is your content, claim it here.
Available Formats
Download as PDF, TXT or read online on Scribd

02/02/2025

NUTEƑEWƆWƆ NA DZIƑO MAWU LA ƑE YAYRA GBOGBOAWO


Yakobo 1:17-27,2,16,19; 2:1,5,14; 3:1,10,12; 4:11; 5:7,9,10,12,19

Nuteƒewɔwɔ na Fofo la ƒe yayrawo li na ame siwo kpɔ ɖeɖe la. Eyata Apostolo Yakobo he amewo ƒe susu yi nya, si
wòŋlɔ le eƒe agbalēa me la dzi na “nɔvi lɔlɔ̃tͻwo”, si gͻme enye xɔsetɔ siwo woxͻ ɖe agbe, ke menye nu vɔ̃wɔlawo
o. Eƒe nuŋɔŋlɔwo te gbe ɖe nyawo tso Mawu ŋuti hã dzi (Yakobo 1:17), Kristotɔ vavã, mawuvɔ̃lawo (Yakobo
1:18,25) kple ame siwo gblɔna be, yewonye xɔsetɔwo gake womenye xɔsetɔwo o la ŋuti (Yakobo 1:26). Le xexea
me katã la, amewo wɔa kɔnyinyi dͻ. Gake, kͻnyinyiha ƒomevi si bɔ wu enye subɔsubɔ dzodzro. Wowɔa subɔsubɔ
sia ƒomevi ɖeɖekpɔkpɔ, dzimetɔtrɔ, gbugbɔgadzi, nu vɔ̃ tsɔtsɔke, dzɔdzɔenyenye kple bubudede Mawu ŋu
manɔmee. Aleae subɔsubɔha la le kple adzodada (Yesaya 61:8), hlɔ̃biabia, aglãdzedze, aglotutu, vlododo kple
tsitretsitsi ɖe nyateƒea ŋu (Dɔwɔwɔwo 7:51; Timoteo II, 3:8). Aƒetɔ la ƒe sedede na mí enye be, “Eyata migaɖu nu
kpli wo o” (Efesotɔwo 5:7).

1. MAWU, MÍAWƆLA, ƑE FƆFONYENYE


Yakobo 1:17,18; Yesaya 63:8,16; Yeremya 3:4,19; Mose V, 32:6,29; Maleaxi 1:6; Yohanes 8:41-44; 2 Korintotɔwo
6:14-18; Mateo 13:40-43; Galatiatɔwo 1:4; 4:6; Yohanes I, 3:1-10

Abe Fofo ene la, Mawu naa nunana nyui, deblibo, viɖenu kple esiwo xͻ asi la viawo be, Wòakpe ɖe wo ŋu woazu
ame siwo Wòɖo ɖi be, woanye la. Mawu ƒe Fofonyenye menye Nubabla Yeyea tɔ koŋ o. Nubabla Xoxoa me tɔwo
hã se vivi na Fofonyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ la. Ame siwo katã trɔ dzime vavã, eye wotrɔ le woƒe nu vɔ̃wo yome to
Mawu ƒe avuléle si wona la dzixɔxɔse me, eɖanye le Nubabla Xoxoa alo Yeyea me o, wova zu mawuviwo, eye Eya,
zu Fofo na wo. Farisitɔwo, Zadukitɔwo kple mawusubɔla siwo nɔ anyi le Kristo ƒe ŋkekea me xɔe se be, esi wònye
Israel-viwoe yewonye ta la, Mawu va zu yewo Fofo le Eɖokui si, eɖanye nu vɔ̃ me yewole alo yewo mele nu vɔ̃ me o.
Eyata Yesu ɖɔ nukpɔsusu ma ɖo. Eɖee fia wo tẽ be, “Miawo mietso mia fofo Abosam me, eye mia fofo ƒe
nudzodzrowo miawɔ... Ne eka aυatso la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu, elabena aʋatsokalawo ƒe fofo
wònye”.

Le Nubabla Yeyea me la, míezu mawuviwo to gododo tso nu vɔ̃ me kple mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga tso egbɔ me. Exɔa
mí, eye Wòzua “Fofo na [mí], eye [míawo, Eƒe] viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe”. Ame
siwo dea sɔleme gake womete ŋu nɔa agbe le toɖoɖo Mawu ƒe nya me o la, woanɔ wo fofo abosam gbɔ tegbee le
dzomavɔ me. Ke, ame siwo nye mawuviwo la, woanɔ egbɔ tegbee le dziƒo. Esia le alea elabena wodo ƒome kple
dzɔdzɔenyenye, abe alesi Mawu Fofo la le ene eye “woɖe wo tso fifi xexe vɔ̃ sia me”; eyata womegakpɔa gome le
vɔ̃ɖinyenye si le xexeame la me o, ke boŋ wonɔa agbe “le Mawu kple mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nu”. Efia ɣemaɣi be nu
vɔ̃wɔlawo kple megbedelawo, dzimaxɔsetɔwo kple subͻla tomaɖolawo, kɔnyila alakpanuwɔlawo kple ame siwo
wogbe la mate ŋu ayɔ Mawu be yewo Fofo o, elabena Satana enye wo fofo. Mawu nye ame siwo kpɔ ɖeɖe,
toɖolawo, ame dzɔdzɔewo, ame siwo wotrɔ, ame siwo le agbe le xɔse me kple Kristo ta la Fofo.

2. MAVɔ̃MAWUWO KPLE AMENUVEVEMANƆSITƆWO ƑE DZIKU KPLE WOƑE FƆBUBU


Yakobo 1:19-22; Ester 3:5,6; 7:9,10; Hiob 5:2; Psalmowo 37:8; Kronika II, 25:6-10,13; Lododowo 19:19; 25:28;
29:22; Efesotɔwo 4:30-32
Dziku hea fɔbubu vɛ na mawumavɔ̃lawo kple ame siwo gbe Mawu ƒe amenuveve la. Seselelãme gbegblẽ sia ate ŋu
agblẽ nu le míaƒe ƒomewo, nutoawo, dɔwɔƒewo, kple sɔlemeƒewo gɔ̃ hã me. Ehea ɖekamawɔmawɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ,
dzrewɔwɔ, dzrehehe, kple nyaʋiʋli vɛ. “Elabena amegbetɔ ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o”. Dziku
ɖeɖefia meɖea mía kple Mawu dome ƒomedodo alo Eƒe dzɔdzɔenyenye si le mía me fiana o. Ke boŋ eɖea míaƒe
dzadzraɖo makpɔmakpɔ ɖe ŋutikɔkɔe kple dziƒo ŋu fiana. Ame siwo léa dziku, fuléle, kple ameŋuzͻzͻ ɖe woƒe dzi
me, eye wokuna la, womanyi fiaɖuƒe la dome o, dziƒo metsɔ le woƒe mawusubɔsubɔdɔwo kple nya, siwo wogblɔna
gbͻ o. Woƒe dziku ƒe nɔnɔmewo ɖea woƒe dɔ si, woyɔna be Kristotɔwo la fiana. Esi wole hamea me kple nɔvi
bubuwo la, zi geɖe la, wowɔa toɣliɖeɖe sesẽtɔ kekeake tsɔa hea amewo ƒe susu vaa wo ɖokui dzi. Gake xɔsetɔ
vavãwo ya ƒe dzesi enye ɖokuibɔbɔ, bɔbɔenyenye, kple bubudede Mawu ŋu. Wovaa Eƒe ŋku me le bubu me, le
ɖoɖoezizi me, eye wotsɔa wo ɖokui nana. Esi dziku kple ŋutasẽnuwɔwɔ metsea dzɔdzɔenyenye ƒe ku aɖeke o, eye
wòdoa ʋɔtruwo na Mawu ƒe dͻwͻwͻ le Eƒe hame la, tufafa, tamebͻbͻɖeanyi, tomefafa, tufafa, kple ɖokuibɔbɔ ʋua
ʋɔtruwo.
Haman ƒe dziku na wòɖo nugbe be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo, gake mlɔeba la, eya ŋutɔ ƒe anyidzedze wòkpͻ. “Eyata
wohe Haman ɖe ati si wòdzra ɖo na Mardoxai la dzi...” Nenema ke xɔsetɔ aɖewo ɖea mɔ dziku kple dͻmevevi
ɖua wo dzi, nu si nana wokaa atam be, yewoakaka alẽha si Kristo ƒle kple Eƒe ʋu la. Gake, nuwɔna mawo mayi
tohehe manɔmee o, elabena womate ŋu atsrɔ̃ Kristo ƒe Sɔlemeha la o. Mawu di be “míadzudzɔ dziku dodo, eye
míagblẽ dziku ɖi...” elabena meɖea Kristo ƒe nɔnɔme, si le mía me fiana o. Esi Amaziya wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame
dzi heɖe Israel-ʋakɔ, si wòhaya be woawɔ aʋa kplii la ɖa la, wodo dziku eye ‘wowu ame maɖifɔ akpe etɔ̃’ , eye
woha woƒe nunɔamesiwo. Ŋutinya eve siawo ɖe ale si dziku gblẽa nu, eye eƒe nya me mekͻna o la fia. Ame aɖewo
li siwo ƒe dziku va nɔa wo me ɖaa, togbɔ be wonɔ sɔlemeha la me ɣeyiɣi didi aɖe hã. Le Ŋɔŋlɔa ƒe nya nu la, ame
siwo mate ŋu aɖu woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔwo dzi o la, wole abe “du, si gbã, eye gli mele eŋu o” ene. Abe xɔsetɔwo
ene la, ele be míaɖe “dziku kple ɣlidodo, kple nya vɔ̃wo katã... kple vɔ̃ɖinyenye katã” ɖa. Ke boŋ ele be
míanye dɔmenyotɔ, dɔmetrɔlawo kple ame siwo tsɔa kena, abe ale si ko Mawu tsɔ ke mí ene. To esia wɔwɔ me la,
míate ŋu aʋu ʋɔtru, siwo dziku tu la, eye míakpɔ ŋutifafa, tufafa, ɖokuibɔbɔ, amenuveve kple xɔse ƒe tɔtrɔ ŋusẽ.

3. NUNANAWO ƑE BLIBODEDE HENA ÐOKUITSƆTSƆSAVƆ ƔESIAƔI


Yakobo 1:17,25; Romatɔwo 6:23; 5:15-19; Efesotɔwo 2:8; 2 Korintotɔwo 9:15; Romatɔwo 8:32; Petro II, 1:3,4;
Dɔwɔwɔwo 2:38,39; Korintotɔwo I, 2:9,10; 12:4-11; Efesotɔwo 4:7-14; Mateo 7:7-11

“Nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana deblibo ɖesiaɖe tso dziƒo, eye wòɖina tso kekeliwo Fofo gbɔ...”
Nunana nyui kple esiwo de blibo gbogbo aɖewo le mía Fofo, si le dziƒo la si wòatsɔ ana mí. Wotrɔ asi le nunana
siawo ŋu, be woatrɔ mí míazu ame dzɔdzɔewo, ame kɔkɔewo, kple ame deblibowo. Tovovo na ema la, ɖeko
nunana siwo tso Satana kple eƒe dɔlawo gbɔ agblẽ nu le mía ŋu ahatrɔ gbo mí. Gake, woƒle Mawu ƒe nunanawo –
siwo dometɔ aɖewoe nye ɖeɖekpɔkpɔ, kɔkɔenyenye, ŋusẽ, fiaɖuƒea ƒe safuiwo, kple domenyinu mavɔ – le Kristo ƒe
ʋu ƒe asi gã aɖe nu. Míexɔa nunana siawo to dzimetɔtrɔ kple Kristo, Mawu ƒe Vi si me nu vɔ̃ mele o la dzixɔxɔse me.
Togbɔ be dzimetɔtrɔ hea ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nunana vɛ hã la, ɖokuibɔbɔ kple ɖokuitsɔtsɔna Mawu bliboe hea
dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye ƒe nunanawo vɛ; ɖokuitsɔtsɔna hea nunana si nye subɔsubɔ, toɖoɖo, xɔse
maʋãmaʋã kple nuteƒewɔwɔ na Aƒetɔ la vɛ. “Elabena nenye to ame ɖeka ƒe vodada dzie ku ɖu fia la; geɖe wu
amesiwo xɔ amenuveve kple dzɔdzɔenyenye ƒe nunana geɖe la, aɖu fia le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi”.
Xɔname kple dzɔdzɔenyenye ƒe nunana la ɖea míaƒe fɔɖiɖi kple fɔbubu ɖa.
Le ɖeɖekpɔkpɔ megbe la, Mawu naa “nunana si womate ŋu agblɔ o” la mí. Esi wònye Fofo veveseɖeamenutɔ kple
nubabladziwɔla ta la, Enaa “nusiwo katã tso agbe ŋu (dɔyɔyɔ, ɖeɖekpɔkpɔ, dzidzedzekpɔkpɔ, nuɖuɖu) kple
mawusosroɖa (dzi ƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye) mí, to sidzedze amesi yɔ mí la ƒe ŋutikɔkɔe kple
nɔnɔme nyuiwo me”. Etsɔa Eƒe mawume nɔnɔme naa mí abe nunana ene, eye wònaa Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana
mí. Esi Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ mí fũ ta la, míexɔa nunanawo abe nunya ƒe nya, sidzedze ƒe nya, xɔse, dɔyɔyɔ,
nukunuwo wɔwɔ, nyagblɔɖi, gbɔgbɔwo gɔmesese, gbegbɔgblɔ vovovowo, kple gbegbɔgblɔ bubuwo gɔmeɖeɖe ene.
Enaa nunana vovovowo subɔla mí “hena ame kɔkɔewo ƒe blibodede...” Ne míexɔ subɔla siawo kple woƒe
nufiafiawo o la, míatsi va se ɖe “Kristo ƒe blibonyenye ƒe kɔkɔme ƒe dzidzenu” gbͻ o. Gake, míate ŋu axɔ nunana
siawo ne míegalé dziku, dͻmedzoe kple fuléle ɖe míaƒe agbe me kokoko o. Ele be míatrɔ dzi me, eye míavo tso
seselelãme gbegblẽ siawo me hafi míate ŋu abia nunana, siwo nye amenuveve, dzadzɛnyenye, kple nunana nyui
kple esiwo de blibo bubu ɖesiaɖe. “Elabena ame sia ame si biaa nu la, exɔa nu; eye ame si le nu dim la,
ekpɔnɛ; eye woaʋui na amesi aƒo ʋɔa la.”

HADZIDZIWO
14, 43 & 205

You might also like